Matthew 27:15-31

Wotso kufia na Yesu

(Marko 15:6-15; Luka 23:13-25; Yohanes 18:39—19:16)

15Enye gɔvina la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkeke la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. 16Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li, ame sia nye ame dovo, tagbɔsesẽtɔ aɖe. Eƒe ŋkɔe nye Baraba. 17Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo Yesu, miaƒe Mesia la?” 18Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yome la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo eya tae wolée ɖo.

19Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Megaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o; elabena etsɔ si va yi ƒe zã la meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”

20Azɔ la Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Baraba ŋuti na yewo eye woawu Yesu. 21Eya ta esi gɔvina la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” la, ameha la do ɣli sesĩe be, “Baraba.”

22Pilato biawo be, “Ekema nu kae mawɔ kple Yesu, miaƒe Mesia la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”

23Pilato gabia be, “Nu ka tae miedi be mawɔ esia ɖo, eye vo kae wòda?” Ke woawo la ɣlia dodo dzi ko wonɔ be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”

24Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale woklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”

25Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋɔ kɔkɔ ɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi fãa!”

26Ale Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Roma srafowo be woakplɔe yi aɖaklã ɖe ati ŋu.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

(Marko 15:16-20; Yohanes 19:2-3)

27Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna eye asrafoha la katã va ƒo xlãe. 28Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ 29eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe dusisi me. Wova dzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.” 30Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe.

31Esi wowu fewuɖuɖua nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Copyright information for EweBEE